Hiob 18:1-21 EWEOCS2020 - Bible AI

1Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,

2Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.

3Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?

4Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?

5“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o.

6Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.

7Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.

8Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.

9Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.

10Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.

11Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.

12Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.

13Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo

14Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.

15Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.

16Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.

17Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.

18Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me.

19Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.

20Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.

21Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0.
/div>