Hiob 7:1-21 EWEOCS2020 - Bible AI

1“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa?

2Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,

3nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam.

4Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli.

5Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.

6“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.

7O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.

8Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o.

9Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o.

10Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.

11“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.

12Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?

13Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,

14ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.

15Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia.

16Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.

17“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,

18be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?

19Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?

20Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?

21Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.”

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0.
div>