Mose 1 49:1-32 EWEOCS2020 - Bible AI

1Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.

2Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo.

3“Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ,

4Ke mèdzea akɔ anyi o;

5“Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ.

6O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu.

7Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe,

8“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo.

9Yuda nye dzatavi;

10Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o

11Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu,

12Eƒe ŋkuwo biã wu wain,

13“Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe.

14“Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si

15Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna

16“Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.

17Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi,

18Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.

19“Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi,

20“Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu.

21“Naftali nye zinɔ si ɖea abla,

22“Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to,

23Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.

24Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ

25Mia fofowo ƒe Mawu,

26wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo

27“Benyamin nye amegaxi si léa nu.

28Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.

29Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,

30ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu.

31Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo.

32Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.”

>