1Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be,
2“Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ,
3Yehowa nye aʋawɔla,
4Ede Farao ƒe tasiaɖamwo
5Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi.
6O, Yehowa,
7“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me,
8Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do,
9Futɔ la gblɔ dadatɔe be,
10Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ,
11“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene
12Èdo wò nuɖusi ɖa,
13“Àkplɔ ame siwo nèɖe la
14Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya;
15Ŋɔdzi alé Edom fiawo,
16Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi.
17Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te
18“Yehowa aɖu fia
19Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me.
20Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.
21Eye Miriam dzi ha sia:
22Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.
23Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.)
24Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”
25Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui.
26“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”