Yeremia 45:1-4 EWEOCS2020 - Bible AI

1Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:

2“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi:

3Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ”

4Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi.

>